Titus 1

1Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia mawusosroɖa gbɔe, 2xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si Mawu ame si medea alakpa o la do eƒe ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, 3eye woɖe eƒe nya la ɖe go fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtso de asi nam le Mawu, mía Ɖela la, ƒe gbeɖeɖe nu.

4Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mia si la nu. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.

Tito ƒe dɔdeasi le Krete

5Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wòe ene. 6Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ, Manye dadala alo ame si doa dziku kabakaba o, manye aha tsu nola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. 9Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.

10Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. 11Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. 12Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ gɔ̃ hã be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nu tsu ɖula kuviatɔwo” 13Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe eya ta ka mo na wo vevie ale be woade blibo le xɔse la me, 14eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. 15Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛ na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le eye womexɔ se o la, naneke mele dzadzɛ le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. 16Wogblɔna be yewonya Mawu gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.

Copyright information for EweBEE